Ephesians 6

Viwo kple dzilawo

1Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me, elabena esia le teƒe. 2“Bu fofowò kple dawò” esiae nye sedede gbãtɔ si ŋuti ŋugbedodo kpe ɖo 3“be woadze edzi na wò nyuie eye nànɔ agbe didi le anyigba dzi.”

4Mi fofowo la migado dziku na mia viwo o, ke boŋ mihe wo eye miafia nu wo le Aƒetɔ la me.

Kluviwo kple Aƒetɔwo

5Mi kluviwo la, miɖo to miaƒe aƒetɔwo; miwɔ nu nyuitɔ ko ɣesiaɣi be woakpɔ ŋudzedze le mia ŋuti. Misubɔ wo abe ale si miasubɔ Kristoe ene. 6Migawɔ ameŋkumenu, awɔ dɔ kple ŋusẽ nenye be miaƒe aƒetɔ li o, ke boŋ abe Kristo ƒe kluviwo ene to Mawu ƒe lɔlɔ̃nuwɔwɔ me tso miaƒe dzi me ke. 7Misubɔ tso dzi blibo me ke abe Aƒetɔ la subɔm miele ene ke menye amegbetɔ o. 8Miɖo ŋku edzi be, Aƒetɔ la axe fe na mi ɖe dɔ nyui sia dɔ nyui si miawɔ la ta, èɖanye ablɔɖevi alo kluvi o.

9Mi aƒetɔwo la, miwɔ nu dzɔdzɔeto ko ɖe miaƒe kluviwo ŋuti abe ale si megblɔ na woawo hã be woawɔ na mi ene. Miganɔ ŋɔdzi dom na wo o. Miɖo ŋku edzi be miawo ŋutɔwo hã mienye Kristo ƒe kluviwo. Aƒetɔ ɖeka ma kee le mi kple kluviawo siaa nu, eye Aƒetɔ sia mekpɔa ame aɖeke ƒe ŋkume o.

Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la

10Mlɔeba la, medi be maɖo ŋku edzi na mi be, ele be miaƒe ŋusẽ natso Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ triakɔ si le mia me la me. 11Mitsɔ Mawu ƒe akpoxɔnuwo katã kpla ale be miate ŋu anɔ te ɖe Satana ƒe ɖoɖowo kple ayemenu siwo wòɖo ɖe mia ŋuti la nu. 12Elabena menye amegbetɔ siwo nye ŋutilã kple ʋu lae míele aʋa wɔm kpli o, ke boŋ kple ame siwo ŋu ŋutilã mele o. Ame siawoe nye gbɔgbɔ siwo womekpɔna kple ŋku o la ƒe dziɖula vɔ̃ɖi siwo nye Satana ƒe dɔla ŋusẽtɔ gãwo, vivimefiavi vɔ̃ɖi siwo le xexe sia me dzi ɖum. Hekpe ɖe esia ŋu la, míegale aʋa wɔm kple gbɔgbɔ vɔ̃ɖi nyanyra ha gã aɖe siwo le gbɔgbɔ ƒe xexeame.

13Eya ta miwɔ Mawu ƒe akpoxɔnu ɖe sia ɖe ŋutidɔ be miate ŋu anɔ te ɖe futɔ la nu ɣesiaɣi si wòlũ ɖe mia dzi, eye ne miewɔ aʋa la vɔ la, miaganɔ te sesĩe kokoko.

14Be miate ŋu awɔ nu si megblɔ la, ele be miatsɔ nyateƒe la abla alidzii, abe alidziblaka ene eye miatsɔ Mawu ƒe gbedziwɔwɔ atsyɔ akɔta abe akɔtakpoxɔnu ene. 15Mido afɔkpa siwo ana be miaɖe abla ne miele Mawu ƒe ŋutifafa ƒe nyanyui la kakam. 16Le aʋa ɖe sia aɖe me la, mitsɔ xɔse wɔ miaƒe akpoxɔnui be wòaxɔ Satana ƒe aŋutrɔ ɖaɖɛ siwo dam wòle ɖo ɖe mi. 17Mitsɔ ɖeɖekpɔkpɔ ɖɔ abe gakuku ene eye milé Gbɔgbɔ la ƒe yi si nye Mawu ƒe nya la ɖe asi.

18Minɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe. Mibia nu sia nu si miedi la Mawu, gake miaƒe didiwo nasɔ ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe lɔlɔ̃nu dzi. Minɔ kukuɖeɖe dzi nɛ ɖaa, eye miɖo ŋku miaƒe hiahiãwo dzi nɛ ɣesiaɣi. Mido gbe ɖa atraɖii ɖe kristotɔ siwo katã le afi sia afi la ta. 19Mido gbe ɖa ɖe nye ŋutɔ hã ta, eye miabia Mawu be wòana nya nyuitɔwom ne mele nu ƒom dzideƒotɔe na amewo tso Aƒetɔ la ŋuti kple ne mele nya me ɖem na Trɔ̃subɔlawo be, Aƒetɔ la ƒe ɖeɖe do na woawo hã. 20Fifi laa la, mele gaxɔ me ɖe Mawu ƒe gbedeasi sia gbɔgblɔ ta. Gake mido gbe ɖa be, manɔ gbeƒãɖeɖe nya la dzi kple dzideƒo ɣesiaɣi abe ale si wòdzem ene le gaxɔ me afii gɔ̃ hã.

Gbedonamewo

21Tikiko, ame si nye nɔvi lɔlɔ̃a kple kpeɖeŋutɔ nuteƒewɔla le Aƒetɔ la ƒe dɔ la me la agblɔ nu siwo katã le edzi yim kplim la na mi. 22Susu sia dzaa ta koe mele edɔm ɖo ɖe mia gbɔ be, wòagblɔ na mi be míeli nyuie ale be eƒe ɖaseɖiɖi la nade dzi ƒo na mi.

23Nɔvi lɔlɔ̃awo, ŋutifafa kple lɔlɔ̃ kpakple xɔse si tso Mawu Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la woana mi. 24Mawu ƒe amenuveve kpla yayra nanɔ ame siwo lɔ̃a Aƒetɔ Yesu Kristo ɖika ɖika la dzi.

Copyright information for EweBEE